John 1

Nya la trɔ zu ŋutilã

1Le gɔmedzedzea me la Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya la nye Mawu. 2Eli kple Mawu le gɔmedzedzea me.

3To eya amea me wowɔ nuwo katã eye eya manɔmee la, womewɔ naneke si wowɔ o. 4Eya amea mee agbe le eye agbe siae nye amegbetɔwo ƒe kekeli. 5Kekeli la klẽ ɖe viviti me eye viviti la mete ŋu ɖu edzi o.

6Ame aɖe va tso Mawu gbɔ, eƒe ŋkɔe nye Yohanes. 7Ame sia va be yeaɖi ɖase tso Kekeli la ŋu, ale be to eya amea dzi la amewo katã naxɔ ase. 8Menye Yohanes ye nye Kekeli la o, eya la, ɖe ko wòva be yeaɖi ɖase le Kekeli la ŋu. 9Kekeli vavã si aklẽ na amewo katã la le mɔ dzi gbɔna ava xexeame. 10Eya amea nɔ xexeame gake xexeame mekpɔe dze sii o, evɔ eya amea dzie woto wɔ xexeame. 11Eva eya ŋutɔ tɔwo gbɔ, gake eya ŋutɔ ƒe amewo mexɔe o. 12Ke ame siwo katã xɔe, eye woxɔ eƒe ŋkɔ dzi se la, ena ŋusẽ wo be woazu Mawu viwo, 13ame siwo womedzi tso ʋu alo ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu me o, ke boŋ tso Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me.

14Nya la trɔ zu ame va nɔ mía dome le anyigba sia dzi eye eƒe agbe yɔ fũ kple amenuveve kple nyateƒea. Mí ame aɖewo míekpɔ eƒe Ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la, ƒe Vi ɖeka hɔ̃ la tɔ.

Yohanes ɖi ɖase le Yesu ŋu

(Marko 3:1-12; Marko 1:2-8; Luka 3:15-17)

15Yohanes ɖi ɖase le eŋuti hegblɔ bena, “Ame siae nye ame si ŋu menɔ nu ƒom le na mi esi megblɔ be, ‘Ame aɖe si li xoxoxo hafi meva dzɔ la gbɔna, ame sia de ŋgɔ wum saa.’”

16Ena yayra geɖe mi tso eƒe amenuveve sɔ gbɔ la me. 17Esi Mose va la etsɔ Se sesẽ la kple kuxi geɖe, siwo le edziwɔwɔ me la, vɛ na mi. Ke Kristo ya tsɔ amenuveve kple nyateƒe la vɛ na mi. 18Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ame si ke nye Vi ɖeka hɔ̃ la, ame si sɔ kple Mawu eye wòle Fofo la ƒe axadzi la, eyae ɖee fia mí.

Yohanes Mawutsidetanamela ƒe gbedeasi

(Mateo 3:1-12; Marko 1:2-8; Luka 3:15-17)

19Azɔ esiae nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi esime Yudatɔ siwo le Yerusalem dɔ Osɔfowo kple Levitɔwo ɖo ɖe egbɔ ne woabiae be, “Ame kae nènye?” 20Mesẽ nu o ke boŋ eʋu eme na wo faa be, “Menye nyee nye Kristo la o.”

21Wogabiae be, “Ekema ame kae nènye, Eliya?” Egaɖo eŋu be, “Kpao, menye Eliyae menye o.” Wogabiae ake be, “Nyagblɔɖila lae nenyea?” Eye wòɖo eŋu be, “Gbeɖe, menye nyagblɔɖila lae menye o.”

22Amedɔdɔawo gayi edzi biae bena, “Ke ame ka tututue nènye? Gblɔe na mí ale be míanya nya si míagblɔ na ame siwo dɔ mí. Gblɔ nya aɖe na mí tso ɖokuiwò ŋu.”

23Yohanes ɖo eŋu na wo kple Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya siawo be, “Nyee nye gbe si le ɣli dom le gbea dzi be, ‘Midzra Aƒetɔ la ƒe mɔ la ɖo wòanɔ dzɔdzɔe.’”

24Farisitɔwo ƒe amedɔdɔwo hã, 25biae be, “Esi menye wòe nye Kristo la alo Eliya loo alo Nyagblɔɖila la o la, nu ka ta nèle mawutsi dem ta na amewo ɖo?”

26Yohanes ɖo eŋu na wo bena, “Nye la mele mawutsi dem ta na amewo kple tsi ƒuƒlu ko, gake ame aɖe le mia dome afii, si mienya o. 27Ame sia le yonyeme gbɔna eye nyemadze be manye amea ƒe subɔvi gɔ̃ hã o.”

28Nu siawo katã dzɔ le Betania, kɔƒe aɖe si le Yɔdan tɔsisia godo, afi si Yohanes nɔ mawutsi dem ta na amewo le la me.

Yesu, Mawu ƒe Alẽvi la

29Le ŋufɔke la, Yohanes kpɔ Yesu wògbɔna egbɔ ale wòdo ɣli gblɔ bena, “Mikpɔ ɖa! Mawu ƒe Alẽvi si le xexe sia me ƒe nu vɔ̃wo ɖem ɖa lae nye ekem! 30Eya ŋutie menɔ nu ƒom le esi megblɔ bena, ‘Ŋutsu aɖe gbɔna kpuie ame si de ŋgɔ wum boo, eye wòli xoxoxo hafi nye ya meva dzɔ gɔ̃.’ 31Nye ŋutɔ nyemenya ame si wònye o, ke nye dɔ koe nye be, made mawutsi ta na amewo kple tsi atsɔ aɖee afia Israel dukɔa.”

32Azɔ Yohanes ɖi ɖase le ale si wòkpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wònɔ akpakpa ƒe nɔnɔme me nɔ ɖiɖim ɖe Yesu dzi tso dziƒo la ŋu.

33Yohanes gblɔ ake be, “Nye la, nyemenya be eyae nye amea o. Gake esi Mawu ɖom ɖa be made mawutsi ta na amewo la, egblɔ nam be, ‘Nenye be èkpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wòle ɖiɖim ɖe ame aɖe dzi la, nyae bena eyae nye ame si dim nèle. Eyae ade mawutsi ta na amewo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.’ 34Mekpɔe be nu sia tututue dzɔ ɖe ŋutsu sia dzi eya ta meɖi ɖase bena eyae nye Mawu Vi la.”

Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo

35Le evea gbe la, Yohanes kple eƒe nusrɔ̃la eve aɖewo nɔ tsitre ɖe teƒe aɖe eye Yesu va to wo gbɔ yina. 36Yohanes li ŋku ɖe Yesu dzi gã eye wògblɔ bena, “Mikpɔ ɖa! Mawu ƒe Alẽvi lae nye ekem!”

37Nusrɔ̃la eveawo dzo le Yohanes gbɔ dze Yesu yome.

38Yesu trɔ kɔ kpɔ wo wonɔ eyome eye wòbia wo bena, “Nu ka dim miele?” Woawo hã ɖo eŋu be, “Nufiala ‘Rabi’ afi kae nye wò nɔƒe?”

39Yesu gblɔ na wo bena, “Miva kpɔe ɖa.” Ale wokplɔe ɖo yi aƒe si me wònɔna la me eye wonɔ egbɔ tso ɣetrɔ ga ene me va se ɖe fiẽ hafi trɔ dzo. 40Ame siawo dometɔ ɖekae nye Andrea si nye Simɔn Petro nɔvi.

41Nu gbãtɔ si Andrea wɔ lae nye be edi nɔvia Simɔn eye wògblɔ nɛ be, “Míekpɔ Mesia la”, si gɔmee nye Kristo la 42Enumake ekplɔ nɔvia Simɔn va Yesu gbɔ.

Yesu kpɔe dũ eye wògblɔ be, “Wòe nye Simɔn, Yohanes vi. Woayɔ wò azɔ be Kefa” Esia gɔmee nye Kpe Gbadza.

Yesu yɔ Filipo kple Nataniel

43Le ŋufɔke la, Yesu ɖoe be yeayi Galilea, esi wònɔ mɔa dzi yina la edo go Filipo eye wògblɔ nɛ be, “Va, nàdze yonyeme.” 44Filipo sia tso Betsaida si nye Andrea kple Petro wo de.

45Filipo hã ɖe abla yi ɖadi Nataniel eye wògblɔ nɛ bena, “Nɔvi, mieke ɖe Mesia, ame si ŋuti woŋlɔ nu tsoe le nyagblɔɖilawo kple Mose ƒe sea me la ŋu. Eŋkɔe nye Yesu, eye fofoa nye Yosef si tso Nazaret.”

46Nataniel do ɣli enumake gblɔ bena, “Nu nyui aɖe ate ŋu ado tso Nazaret mahã?”

Filipo ɖo eŋu nɛ bena, “Wò ŋutɔ va nàva kpɔe ɖa.”

47Esi Yesu kpɔ Nataniel wògbɔna egbɔ la egblɔ be, “Israel vi vavã si me alakpa aɖeke mele o lae nye esi gbɔna.”

48Nataniel bia Yesu be, “Ale ke nèwɔ nya ame si ƒomevi menye?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mekpɔ wò le gboti ma te xoxoxo hafi Filipo va yɔ wò gɔ̃.”

49Nataniel gblɔ bena, “Nufiala, wòe nye Mawu Vi la vavã. Woe nye Israel ƒe Fia la!”

50Yesu gabiae bena, “Ɖee nèxɔ dzinye se elabena mete ŋu kpɔ wò le gboti ma tea? Nu gãwo wu esia, aɖe ame si menye afia wò. 51Èle dziƒo kpɔ ge wòaʋu eye mawudɔlawo anɔ Nye Mesia alo Amegbetɔ Vi la gbɔ vam aganɔ dziƒo yim kura gɔ̃.”

Copyright information for EweBEE